1 Timothy 2

Ɖoɖowo le subɔsubɔ ŋu

1Eya ta mele nu xlɔ̃m be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedoɖoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta 2ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye katã me. 3Esia nyo eye wòdze Aƒetɔ la ŋu. 4Edi vevie bena ame sia ame nakpɔ ɖeɖe eye woase nyateƒe sia gɔme be: 5Yesu Kristo ame si va xexeame abe amegbetɔ ene la, koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo. 6Ewɔ esia esi wotsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye gbedeasi si Mawu tsɔ na xexeame le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. 7Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na dzimaxɔsetɔwo; afia wo Mawu ƒe ɖoɖo na amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me. 8Eya ta medi be ŋutsuwo le afi sia afi nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me. 9Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzenyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dodo kpakple avɔ xɔasiwo tata me o, 10ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋu eme be yewonye mawusubɔlawo. 11Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ katã me. 12Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe. 13Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva. 14Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae eye to esia me nu vɔ̃ va. 15Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nekpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me.

Copyright information for EweBEE